Mark 6

Nugbegbe le Yesu ŋu le Nazaret

(Mateo 13:53-58; Luka 4:16-30)

1Le esia megbe la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le nuto ma me heyi Nazaret si nye wo dedu me. 2Le Sabat ŋkeke dzi la eyi ƒuƒoƒe ɖafia nu eye ame geɖe siwo se eƒe nufiafia la ƒe nu ku. Wobia be, “Afi ka ame sia xɔ nu siawo tsoe? Nunya ka tɔgbi wonɛ be wote ŋu le nukunu siawo wɔm! 3Alo menya ame sia nye atikpala la oa? Menye Maria viŋutsu si nɔviawo nye Yokobo, Yosef, Yuda kple Simɔn siwo le mia dome eye nɔvianyɔnuwo hã le mia dome oa?” Esia na eƒe nu ku dzi na wo ŋutɔ. 4Yesu gblɔ na wo be, “Bubu menɔa nyagblɔɖila aɖeke ŋu le ye ŋutɔ dedu me kple eƒe amewo dome o.” 5Le ameawo ƒe dzimaxɔse ta, mete ŋu wɔ nukunu gãwo le wo dome o, asi ko wòda ɖe dɔléla ʋee aɖewo dzi heyɔ dɔ na wo.

6Ewɔ nuku na Yesu ŋutɔ be wo detɔwo mexɔ edzi se o, ke edzo kpoo yi ɖatsa le kɔƒewo me nɔ nu fiam amewo.

Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo

(Mateo 10:1, 5-15; Luka 9:1-6)

7Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo eye wòdɔ wo eve eve hena ŋusẽ wo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me. 8Egblɔ na wo be, womegatsɔ naneke ɖe asi o, negbe atizɔti ko, womegatsɔ nuɖuɖu, mɔzɔkotoku alo ga hã ɖe asi o. 9Womegatsɔ afɔkpa eve alo awu eve teti hã o.

10Egblɔ kpe ɖe eŋu be, “Midze aƒe ɖeka ko me le kɔƒe ɖe sia ɖe me, miganɔ tsatsam tso aƒe me yi aƒe me o. 11Nenye be kɔƒe aɖe me tɔwo mexɔ mi alo ɖo to mi o la, miʋuʋu ke si lé ɖe afɔƒome na mi la ɖi eye miadzo. Esia fia be miegblẽ teƒea ɖi be nu sia nu si adzɔ ɖe edzi la nadzɔ faa.”

12Nusrɔ̃lawo dze mɔ henɔ nu xlɔ̃m ame sia ame si wodo goe le mɔ dzi la be wòadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ. 13Wonya gbɔgbɔ vɔ̃wo le amewo me eye wosi ami kɔkɔe hã na dɔnɔwo heda gbe le wo ŋu.

Yohanes Mawutsidetanamela wuwu

(Mateo 14:1-12; Luka 9:7-9)

14Fia Herodes va se Yesu ŋkɔ elabena, nukunu geɖe siwo katã wɔm wònɔ la tsi nu na amewo wonɔ gbɔgblɔm le afi sia fi. Fia la bu be Yohanes Mawutsidetanamelae gagbɔ agbe esia tae amewo le gbɔgblɔm be, “Yohanes Mawutsidetanamelae fɔ. Eya tae wòte ŋu le nukunu siawo wɔm ɖo.” 15Ame aɖewo hã bu be Yesu enye Eliya nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖeka si gava dzɔ; eye ɖewo hã bu be Yesu enye nyagblɔɖila yeye si si ŋusẽ le abe esiwo nɔ anyi va yi ene.

16Gake Herodes ya gblɔ kple kakaɖedzi be, “Yohanes ame si nu metso ta le la kokokoe fɔ tso yɔme.” 17Herodes sia nye ame si dɔ asrafowo be woalé Yohanes de gaxɔ me. Ewɔ esia le Herodia nɔvia Filipo srɔ̃ si wòxɔ ɖe ta. 18Elabena Yohanes gblɔ na Herodes be, “Se me ɖe mɔ be nàxɔ nɔviwò srɔ̃ ɖe o.” 19Le esia ta Herodia di vevie be woawu Yohanes, gake fia la meda asi ɖe ɖoɖo sia dzi o. 20Elabena Herodes tsɔ bubu geɖe na Yohanes le eƒe ame ɖɔʋu kple ame kɔkɔe nyenye ta eya ta etsɔe de ye ŋutɔ ƒe dzikpɔkpɔ te. Nenye be Herodes kple Yohanes wole dze ɖom la, nya siwo Yohanes gblɔna la ɖea fu na Herodes ƒe susu ŋutɔ gake zi ge ɖe la, edina kokoko be yeaɖo dze kplii.

21Mlɔeba la, Herodia va kpɔ mɔnu aɖe si dzi wòato awu Yohanes. Herodes ƒe dzigbe ɖo eye wòɖo kplɔ̃ na eƒe kpeɖeŋutɔ ame siwo nye asrafo ƒe amegãwo kple ame ŋkuta siwo tso Galilea la le fiasã la me. 22Eva dzɔ be Herodia ƒe vinyɔnu va ɖu ɣe na amekpekpeawo. Ale si wòɖu ɣeae la do dzidzɔ na ame sia ame ŋutɔ. Le esia ta fia la gblɔ na nyɔnuvia be,

“Bia nu sia nu si nèdi tso asinye la eye mana wò.”
23Eka atam nɛ be, “Nu sia nu si nàbia la matsɔe ana wò, nenye nye fiaɖuƒe ƒe afã nèbia hã mana wò.”

24Nyɔnuvia yi dadaa gbɔ ɖagblɔ nya la nɛ. Dadaa gblɔ nɛ be, “Yi nàbia Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta.”

25Nyɔnuvia gaɖe abla va fia la gbɔ va gblɔ nɛ be, “Mele Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta dim fifi laa, nenɔ agba me woatsɔ vɛ nam.” 26Nya sia ve fia la ŋutɔ, gake anye ŋukpe be wòada le eƒe atam si wòka la dzi le eƒe amekpekpeawo ŋkume. 27Eya ta eɖo asrafo si le eŋu dzɔm la ɖa be wòayi aɖatso ta le Yohanes nu atsɔ vɛ nɛ. Asrafo la yi ɖatso ta le Yohanes nu 28hetsɔ de agbe me vɛ na nyɔnuvia eye wòtsɔe yi na dadaa.

29Esi Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo se nu si dzɔ la, woyi ɖaxɔ eƒe kukua heyi ɖaɖi.

Yesu nyi ame akpe atɔ̃

(Mateo 14:13-21; Luka 9:10-17; Yohanes 6:1-14)

30Yesu ƒe nusrɔ̃lawo trɔ tso woƒe mɔzɔzɔwo gbɔ va eye wogblɔ nu siwo katã wowɔ, nya siwo katã wogblɔ, kple teƒe siwo katã wode la nɛ.

31Yesu se nya siawo keŋ eye wòɖo aɖaŋu na wo be, “Mina míadzo le amehawo dome vie aɖadi teƒe aɖe anɔ adzudzɔ sẽ.” Elabena ame geɖewo ŋutɔ nɔ wo gbɔ vam henɔ dzodzom ale wɔ be, ɣeyiɣi meli ne woaɖu nu o. 32Eya ta wodzo le teƒe sia kple ʋu heyi teƒe aɖe si zi ɖoɖoe wu. 33Gake ame geɖewo gakpɔ wo xoxo wonya afi si yim wonɔ eya ta woƒu du dze ŋgɔ na wo zɔ ƒua nu yi ɖakpe wo esi woɖi go le ʋua me teti ko. 34Ale abe ale si wònɔna ɖaa ene la, ameha gã aɖe gava kpe Yesu le afi sia. Ameawo ƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ, elabena wole abe alehã si kplɔla meli na o la ene. Efia nu geɖe siwo wòle be woanya la wo. 35Le ɣetrɔ me la, eƒe nusrɔ̃lawo va gblɔ nɛ be, “Teƒe sia tsoabo, evɔ zã hã le dodom. 36Eya ta gblɔ na ameawo be woayi kɔƒe kple agble siwo te ɖe afi sia la me aɖadi nuɖuɖu na wo ɖokuiwo.”

37Gake Yesu gblɔ na wo be, “Miawo mina nuɖuɖu wo.” Nusrɔ̃lawo biae be, “Nu kae míana wo? Hafi woate ŋu ana nuɖuɖu ameha sia la, ehiã ga home gã aɖe.”

38Yesu bia wo be, “Nuɖuɖu agbɔsɔsɔ ka sinue le mia si? Miyi miakpɔe ɖa.” Woyi gbɔ va gblɔ nɛ be, “Abolo atɔ̃ kple tɔmelã memĩ eve koe li.”

39Yesu gblɔ na wo be woana ameawo nanɔ anyi ɖe ƒuƒoƒowo me le gbe dama la dzi. 40Ale ameawo nɔ anyi ɖe hatsotso alafa alafa kple blaatɔ̃wo me.

41Azɔ Yesu tsɔ abolo atɔ̃ la kple tɔmelã memĩ evea eye wòwu mo dzi, heda akpe ɖe wo ta. Eŋe aboloawo me, eye wòtsɔ wo kple tɔmelãwo na nusrɔ̃la ɖe sia ɖe be wòaɖo ameawo kɔme. 42Ameawo ɖu nua ale gbegbe be woɖi ƒo wu ale si hiã gɔ̃, 43eye esi nusrɔ̃lawo ƒoƒu abolo kple tɔmelã kake siwo susɔ ɖe gbea dzi la woyɔ kusi wuieve. 44Ke ŋutsu siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme anɔ akpe atɔ̃.

Yesu zɔ ƒudzi

(Mateo 14:22-33; Yohanes 6:15-21)

45Le nuɖuɖu nana ameawo vɔ megbe teti ko la, Yesu ɖe gbe na eƒe nusrɔ̃lawo be woage ɖe ʋua me akui tso ƒua ayi Betsaida afi si yeava tu wo le emegbe. Ebe ye ŋutɔ yeado megbe ado hedenyuie na ameha la eye yeado mɔ wo woayi aƒe me.

46Le esia megbe la, Yesu yi togbɛ aɖe dzi be yeado gbe ɖa. 47Le zã me esi nusrɔ̃lawo ɖo ƒua titina la, 48Yesu ɖeka nɔ godzi kpɔ wo ɖa. Ekpɔ be ya sesẽ si nɔ ƒoƒom la nɔ fu ɖem na wo ale gbegbe be ʋua kuku sesẽ na wo ŋutɔ. Anɔ abe fɔŋli ga etɔ̃ me ene la, Yesu zɔ ƒua dzi ɖo ta wo gbɔ. Ewɔ abe ɖe wòbe yeazɔ to wo ŋu ene 49gake wo katã wokpɔe wònɔ zɔzɔm le ƒua dzi eya ta wodo vɔvɔ̃ɣli elabena wobu be ŋɔlie. 50Gake eƒo nu gblɔ na wo enumake be, “Miaƒe dzi nedze eme. Nyee, migavɔ̃ o.”

51Azɔ ege ɖe ʋua me eye ya ƒoƒo la tɔ te. Nusrɔ̃lawo kata ƒe nu ku ŋutɔ 52elabena va se ɖe fifia la, womese Yesu ƒe wɔnawo gɔme o, gawu la, womese nukunu gã si wòwɔ le ɣetrɔ ma hã gɔme o, elabena woƒe dzime sẽ.

Yesu yɔ dɔ dɔlélawo le Genezaret

(Mateo 14:34-36)

53Wotso ƒua va do ɖe Genezaret eye wotɔ ʋua 54hedo go le eme.

Ame siwo nɔ afi ma la kpɔ Yesu dze sii enumake
55eya ta wolé du tsɔ yi ɖagblɔe na ame siwo katã le nutoa me be, Yesu va ɖo. Ale ame wo kɔ dɔnɔwo ɖe abawo dzi va egbɔ. 56Afi sia afi si Yesu yi le kɔƒewo, duwo kple agblewo me la, wokɔa dɔnɔwo vaa asiwo kple mɔwo toe eye woɖea kuku nɛ be woaka asi eƒe awu pɛ ko ŋu. Le nyateƒe me la, ame ale si sinu ka asi eŋu ko la ƒe lãme sẽ.

Copyright information for EweBEE